Acts 5

Anania kple Safira

1Ŋutsu aɖe si woyɔna be Anania kple srɔ̃a Safira hã dzra anyigba, 2ke Anania tsɔ ga la ƒe ɖe dzra ɖo hafi tsɔ mamlɛa vɛ na apostoloawo be eyae nye ga si yekpɔ. Nuwɔna sia nɔ nyanya me na srɔ̃a, Safĩra, hã.

3Ke Petro biae be, “Anania, nu ka ta nèɖe mɔ na Satan be wòva xɔ aƒe ɖe mèwo alea? Menye amegbetɔ blem nèle o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la blem nèle. 4Anyigba la, wò ŋutɔ tɔwòe eye ne edze ŋuwò la, àte ŋu adzrae, ke ne mèlɔ̃ o hã la, màdzrae o. Nenema ke esi nèdzrae vɔ la, ŋusẽ le asiwò be nàtsɔ ga la ƒe akpa si dze ŋuwò la vɛ na mí. Ke nu ka tae nètsɔ ga la ƒe ɖe dzra ɖo heva le gbɔgblɔm be ga la katãe nye esia? Menye amegbetɔ blem nèle o ke boŋ Mawu ŋutɔ blem nèle.”

5Esi Anania se nya sia tete ko la emu dze anyi enumake heku. 6Vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame ŋutɔ. Ke ɖekakpui siwo kpɔ eteƒe la bla avɔ ɖe ame kukua ŋu hekɔe yi ɖaɖi.

7Abe gaƒoƒo etɔ̃ megbe ene la, Anania srɔ̃, Safĩra, hã va ɖo. Eya menye nu si dzɔ ɖe srɔ̃a dzi o. 8Petro biae be, “Safĩra, ga home ale kple alee miekpɔ tso anyigba si miedzra mea?” Safĩra ɖo eŋu enumake bobobo be, “Ẽ, nenema tututue míekpɔ.”

9Petro gblɔ na Safĩra be, “Nu ka ta mi kple srɔ̃wo, Anania, miewɔ ɖeka be yewoate Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ kpɔ mahã? Ɖekakpui siwo ɖi wò aƒetɔ ƒe kukua woe nye ema le xɔa godo le wò hã lalam.”

10Enumake Safĩra hã mu dze anyi heku, eye esi ɖekakpuiawo va kpɔ eƒe kukua le anyigba la, wokɔ eya hã yi ɖaɖi ɖe srɔ̃a xa. 11Nyadzɔdzɔ sia de vɔvɔ̃ gã aɖe hame blibo la kple ame siwo katã see la me.

Apostoloawo yɔ dɔ ame geɖewo

12Le ɣeyiɣi siawo me la, apostoloawo ƒoa ƒu edziedzi ɖe gbedoxɔ ƒe akpa si woyɔna be Salomo ƒe Akpata la me, eye wonɔa dzesi kple nukunu geɖewo wɔm le afi ma. 13Ame geɖewo metea ŋu doa dzi tena ɖe apostoloawo ŋu tututu o, ke hã ame sia ame tsɔ bubu tɔxɛ blibo na wo. 14Ame geɖewo ŋutɔ, ŋutsu kple nyɔnu siwo xɔ se la ge ɖe Aƒetɔ ƒe ha la me. 15Ɖe apostoloawo ƒe nukunuwɔwɔwo ta la, amewo kɔa dɔnɔwo dana ɖe abawo dzi le mɔwo to be ne Petro va yina la, eƒe vɔvɔlĩ nadze wo dzi. 16Zi gã aɖe tɔ le kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem la me eye amewo tsɔ woƒe dɔnɔwo kple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la vɛ eye wòda gbe le wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.

Woti Apostoloawo yome

17Ke Osɔfogã la kple eŋume siwo tso Zadukitɔwo ƒe kɔmama la me la yɔ fũ kple ŋuʋaʋã. 18Ale wolé apostoloawo de gaxɔ me.

19Ke le zã me la, mawudɔla aɖe va apostoloawo gbɔ le gaxɔa me. Eʋu gaxɔa ƒe agbowo eye wòkplɔ wo do goe. Egblɔ na wo be, 20“Miyi gbedoxɔ la me eye miagblɔ Agbe Yeye sia ƒe nya na ame sia ame.”

21Apostoloawo va ɖo gbedoxɔa me le ŋdi kanya eye wodze mawunyagbɔgblɔ gɔme. Sẽ ko la, Osɔfogã la kple eŋumewo hã va ɖo gbedoxɔ la me. Woyɔ Yudatɔwo ƒe takpekpe gã me nɔlawo ƒo ƒu ɖe woƒe takpeƒe, eye wodɔ asrafoawo ɖa be woayi aɖakplɔ apostoloawo tso gaxɔ la me vɛ ne yewoadrɔ̃ ʋɔnu wo. 22Ke esi asrafoawo yi la, womekpɔ apostoloawo le gaxɔa me o, ale wotrɔ yi ɖagblɔ na takpekpea me nɔlawo be, 23“Esi míede la, asrafowo nɔ agboa nu dzɔm pɛpɛpɛ eye ʋɔtrua hã nɔ tutu goŋgoŋgoŋ gake esi míeʋu ʋɔa hege ɖe eme la, míekpɔ ame aɖeke le teƒea o.”

24Nya sia ʋuʋu asrafo siwo kpɔa gbedoxɔa dzi ƒe amegã kple Osɔfogãwo ŋutɔ eye woƒe dzi gbã. Womenya nu si tututu ava dzɔ ɖe esia yome o eye womenya ɣekaɣi tututu hã nu siawo nu ava yi o. 25Ke ame aɖe va gblɔ na wo be, ame siwo wolé de gaxɔ me la woe nye ma le nya gblɔm na ameawo ŋusẽtɔe le gbedoxɔ la me.

26Enumake, asrafowo ƒe amegã kplɔ etevi aɖewo ɖe asi eye woyi ɖalé apostoloawo. Asrafoawo kpɔ egbɔ be yewomelé wo sesẽtɔe o, elabe wonɔ vɔvɔ̃m be ne yewowɔ esia la, ɖewohĩ ameha gã si le afi ma la aƒu kpe yewo awu. 27Wokplɔ apostoloawo va Sanhedrin la ƒe ŋkume be Osɔfogã nabia gbe wo.

28Esi apostoloawo va ɖo Takpekpea me nɔlawo ŋkume la, Osɔfogã bia be, “Menye ɖe míede se na mi be miadzudzɔ Yesu sia ƒe ŋutinya gbɔgblɔ oa? Ke azɔ kura boŋ miekaka nya sia ɖe Yerusalem du bliboa me kple susu be amewo nabu fɔ mí be míeda vo be míewu Yesu sia!”

29Petro ɖe etɔwo nu gblɔ be, “Ele na mí be míawɔ ɖe Mawu ƒe gbe dzi ke menye ɖe amegbetɔ tɔ dzi o. 30Esi miewu Yesu si mieklã ɖe ati ŋu la, mía tɔgbuitɔgbuiwo ƒe Mawu la ŋutɔ gafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. 31Eye Mawu tsɔ ŋusẽ blibo doe ɖe dzi be wòanye Fiavi kple Ɖela ale be to eya dzi la, Israelviwo nakpɔ mɔnu atrɔ wo ƒe agbenɔnɔ ale be woatsɔ wo ƒe nu vɔ̃wo ake wo. 32Míawo ŋutɔwo míekpɔ nu sia teƒe tsitotsito eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Mawu naa ame siwo wɔa eƒe gbe dzi la ɖi ɖase le nu siawo ŋu hã.”

33Petro ƒe nya sia wɔ abe ɖe wòtsɔ ami kɔ ɖe dzo me ene, takpekpea me nɔlawo katã nyra; wodo dziku blibo eye woɖoe be yewoawu apostoloawo.

Gameliel ƒe aɖaŋu

34Ke ametsitsiawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Gamaliel ame si hã nye Farisitɔ xɔŋkɔ aɖe si nya xɔsenyawo ƒe sea nyuie la, tsi tre heƒo nu na takpekpea me nɔlawo. Ke hafi wòadze nua ƒoƒo gɔme la, ebia be woakplɔ apostoloawo aɖe kpɔe vie.

35Azɔ Gamaliel trɔ ɖe etɔwo gbɔ gblɔ na wo be, “Mía tɔ, Israeltɔwo, mikpɔ nyuie le ɖoɖo si wɔm miele ɖe ame siawo ŋu la ŋuti. 36Miawo ŋutɔwo miaɖo ŋku edzi kɔtee be, ɣeyiɣi aɖe va yi la, ɖekakpui aɖe va do ɖe mía dome eye wòwɔ eɖokui hlodzoo be yenye ame gã aɖe. Ẽ, le nyateƒe me la, ame abe alafa ene sɔŋ dze eyome. Ke nu kae va dzɔ? Wowu eya ŋutɔ eye eyomedzelawo katã kaka gbẽ, ke nya vɔ̃ aɖeke medzɔ o. 37Le eya megbe la ame bubu hã gava do. Ame sia nye Yuda si tso Galilea. Eya ha dze agbagba he amewo ɖe eɖokui ŋu abe eƒe nusrɔ̃lawo ene, le ŋkɔŋɔŋlɔ ŋkekeawo me. Gake, eya hã va ku eye eyomedzelawo kaka.”

38Gamaliel yi dzi be, “Tɔnyetɔwo, aɖaŋu si medi be maɖo na mie nye be, miɖe asi le ame siawo ŋu kpoo. Ne wònye woawo ŋutɔ ƒe nufiafia kakam wole la, ekema eteƒe madidi o, nu sia nu awu enu. 39Gake nenye Mawu ƒe dɔ wɔm wole vavã la, ekema miate ŋu atsi enu gbeɖe o. Gawu la, ne miekpɔ nyuie o la, miakpɔ be yewole kame tem kple Mawu.”

40Takpekpea me nɔlawo xɔ Gamaliel ƒe aɖaŋu sia ale woyɔ apotoloawo vɛ eye woƒo wo. Emegbe wode se na wo be woagagblɔ nya aɖeke le Yesu ƒe ŋkɔ me gbeɖe o, eye woɖe asi le wo ŋu.

41Apostoloawo ɖe abla do go le takpexɔa me kple dzidzɔ blibo be wodo ŋukpe yewo le Yesu ƒe ŋkɔ ta. 42Azɔ woyi edzi nɔ nya gblɔm gbe sia gbe le gbedoxɔa me kple woƒe aƒewo me siaa be Yesue nye Mesia la.

Copyright information for EweBEE